Outline Media

Outline Media

Share

26/09/2023

Queen of vawulence Nana Abena Korkor Addo

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆ (Akpa atɔlia)

Esi dɔwɔlawo ƒote nuɖanuawo vɔ la, Daavi tso heɖo ta eƒe aƒe me. meyi ŋgɔ boo hafi ɖo ŋku edzi be yevubolo hiã ye le aƒeme o. Abolodzrala aɖewo dzraa abolo le ablɔ gã si dzi Tsɔekewohã nɔ nu ɖum le le gaƒoƒo ma tututu me. Abolodzrala siawo ƒe abolo nyo ŋutɔ eyata afima koe Daavi ƒlea abolo le. Gbemagbe hã la, Daavi tu ta ablɔ la dzi ne yeaɖaƒle abolo hafi ayi aƒeme.

Le ablɔa dzi la, Daavi kpɔ Tsɔekewo wonɔ fe xem na ɖɔkunudzrala si gbɔ woƒle nuɖuɖua le la. Esi wokpɔ Tsɔekewo ko la, eƒe dzi lã kpo eye wowɔnɛ abe ɖe kpakpaluʋɔe gbogbo aɖewo le dzodzom le yeƒe dɔme ene. Etɔ sẽ eye menya nenye ɖee yeate ɖe Tsɔekewo ŋu loo alo ɖee yeadzo o. Tsɔekewo hã nye kɔ kasia Daavie ma. Eyahã ƒe dzi lã kpo eye wozɔ te ɖe eŋu. Ebia Daavi be nuka wɔƒee wova le ablɔ la dzi hã eye Daavi gblɔ nɛ be abolo ƒleƒee yeva.

Esi Daavi ƒle aboloa vɔ ko la, Tsɔekewo doeɖa be yeava ɖoe ɖa eye Daavi lɔ ɖe edzi bobobo. Le nyateƒe me la, azɔli si Tsɔekewo kpakple Daavi wozɔ Tso ablɔ la dzi yi ɖaɖo Daavi ƒe aƒeme la, nye azɔli vivĩtɔ kekeake si wo ame eve la zɔ le woƒe agbewo me. Woɖo dze geɖee, ko nu, kpɔ dzidzɔ hekpɔ dzidzeme geɖee. Tsɔekewo kpɔ ŋudzedze geɖee le Daavi ƒe nuƒo ŋuti eye Daavi hã kpɔe dzesii be Tsɔekewo ƒe susu kɔ ŋutɔ.

Ewɔ abe ɖee Mawugã sogbolisa ŋutɔ ɖoe ɖe anyi be ame eve siawo natsɔ lɔlɔtɔxe na wonɔewo ene. Dzi dzɔ Daavi ŋutɔ gake esi wonɔ ŋu kpem le Tsɔekewo ƒe ŋkume ta la, meteŋu ɖe ŋudzedze si wokpɔ le aƒetɔvila ŋu fia tututu o.

Esi woɖo Daavi ƒe aƒeme la, Daavi fia eƒe xɔmɔnu Tsɔekewo eye woganɔ xexe ɖo dze vie. Tsɔekewo fia ɣletiviwo ƒe ɖoɖo si eya ŋutɔ be Iŋlisi yevuwo yɔna be kɔnsteleeshin la Daavi ale wonɔ ɣletiviwo kpɔm. Ke zã do keŋ azɔ eye Tsɔekewo bia mɔ le Daavi gbɔ hedze eƒeme mɔ.

Ke Ɖistrɔya hã de dexa ʋuu ɖeɖi te eŋu gake esi wonye Trɔbol tagbɔsesẽtɔ lae ɖe gbe be woanɔ adzame ta la, enɔ afima kpoo hele ayigbeevia lalam.
Le abe zã ga wuiɖeke lɔƒo ko la, Ɖistrɔya se ameaɖe ƒe afɔzi wogbɔna. Dzi dzɔe ŋutɔ elabena enya be Tsɔekewo koe woanyo. Medidi kuraa hafi aƒetɔvi la ɖo egbɔ tututu o. Ɖistrɔya ƒo tome sesẽ aɖe na Tsɔekewo to eƒe megbe alebe Tsɔekewo kpɔ ɣletivi geɖeewo wonɔ agbadza ɖum. Eɖi vo eye meteŋu ke nu kuraa hafi Ɖistrɔya ga lã tagbɔ nɛ o. Tsɔekewo dze anyigba gbloo eye ɣli ɖi le enu be: "nukee mewɔ?"
Azɔ Ɖistrɔya dze edzi eye woxlã kɔ ɖe eƒe ŋkume zi nane. Egblɔ na Tsɔekewo be ne egadzɔ ke la, mega teɖe Kwabena ƒe aƒenɔ Daavi ŋu gbeɖee o. Le esia gbɔgblɔ megbe la, Ɖistrɔya tsɔ atikpo aɖe eye woxlãe ɖe ta na Tsɔekewo sesĩe. Tsɔekewo ƒo tititi eye wodze eme kpoo.
Esi Ɖistrɔya kpɔe alea la, etsɔ Tsɔekewo le sukukpoa dzi eye wotsɔe yi avetsuviaɖe si medidi boo tso woƒe avuwɔƒe la gbɔ o. Egblẽe ɖe afima hedzo le egbɔ.
Esi Kwabena se be Tsɔekewo ku la, dzi dzɔe ŋutɔ elabena eka atam na eɖokui be Daavie nye yeƒe gakpɔmɔnu eyata yemele mɔnage ŋutsu aɖeke woava tɔtɔ yeƒe ɖoɖowo o.

Follow our page Ziavi now for part 6.
Photo Credit: Mzvee

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆWO.

Edzrom Egbe be mato gli aɖe na nɔvinye eʋeawo. Ne ese eʋegbe la, ekema ateŋu ase nye nya.

Eʋe nyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Asanteawo ƒe du gã yi woyɔna be Kumasi la me. Nyɔnu sia nya nuɖaɖa ŋutɔ eyata eɖo nuɖuɖu dzraƒe ɖe Kumasitɔwo ƒe lɔridzeƒe gãtɔ la tututu.
Kumasi ɖekakpui kple ɖetugbiwo da ŋkɔ ɖe nyɔnu sia dzi be daavi eye ɣesiaɣi kloe ko la, ameaɖe nɔa daavi dzi be yeaƒle nu godoo. Daavi mekpɔ asi ne woatsɔ xɔ ga o. Ewɔe be medidi fũ hafi Daavi va zu hotsuitɔ o. Aƒenɔ sia ƒe nuɖuɖudzraƒe keke ta eye woxɔ dɔwɔla geɖee.

Ɖekakpui aɖe nɔ Kumasi si ƒe ŋkɔe nye Kwabena. Kwabena nye Asantevi akuakua eye meteŋu tsa du tututu o. Dɔ aɖeke menya wɔna na Kwabena o. Kwabena lea tsi zi nane gbe ɖeka, ɖoa awu dzi wodzɔna pĩĩ eye wofea ɖa me pĩ. Kwabena nye amesi Iŋlisiawo yɔna be "kasanova" yi gɔmee nye nyɔnunyawɔla gã. Togbɔ be dɔ aɖeke menya wɔna na Kwabenya o hã la, Kwabena tea ŋu dea ahanoƒe adodoe yiwo le Kumasi eye woxɔŋkɔ ŋutɔ.
Aƒetɔvi sia nye Daavi ƒe nuƒlelawo dometɔ ɖeka. Ne Kwabena va ɖo Daavi gbɔ la, eƒlea nu abe duadza dzie wobe yeakpɔ ene. Nyilã, Koklolã, Gbɔglã, Tsaxelã kpakple xɔlã geɖee yia nugbe ɖe fufua ti yaa godoo.
Daavi kpɔ ŋudzedze geɖee le Kwabena ƒe nuƒeƒle ŋu alegbegbe be medidi kuraa hafi wo ame eve la wova zu xɔlɔ veviwo o.

Like our page for the continuation.
Dr Setor Norgbe

Want your establishment to be the top-listed Arts & Entertainment in Tema?
Click here to claim your Sponsored Listing.

Telephone

Address


Tema